Hawo ƒe ha 2
2
Lɔlɔ̃tɔwo ɖi wò nɔewo yome vevie.
1Nyee nye seƒoƒo le Saron kple dzogbenya le baliwo me. 2Alesi dzogbenya noa aŋɔka mea le nenema xɔ̃nye le nyɔnuviwo domee. 3Alesi atɔlɔŋutiti le avemetiwo domee la, nenema nye lɔlɔ̃tɔ le ɖekakpuiwo domee. Melɔ̃a eƒe vɔvɔli te nɔnɔ, eye eƒe kutsetsewo vivina le nye nu me. 4Ekplɔm yi weinxɔ me, eye lɔlɔ̃ enye eƒe aflaga le dzinye. 5Mi tso weintsetsebolo de agbe ŋunye, eye mitsɔ atɔtɔŋuti fa dzi nam, ale bena lɔlɔ̃ de dɔ la me nam. 6Etsɔ eƒe mía de nye ta te, eye wòtsɔ eƒe nuɖusi kple kɔ nam. 7Yerusalem-nyɔnuviwo, meta sãde alo zinɔ le gbe me ne mi: Miganyɔ lɔlɔ̃ o, migaʋuʋui o, vaseɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi!
8Nye lɔlɔ̃tɔ ŋkɔ le ɖiɖim! Kpɔ ɖa, eya nye ekem gbɔna; ele kpo dzom flɔ towo, eye wòle kpo tim flɔ togbɛwo. 9Nye lɔlɔ̃tɔ le abe sãde alo zivi ene, ele tsitre ɖe míaƒe gli te xoxo. Ele nu kpɔm to fesre nu, eye wòɖo ŋku ɖe adzrala nu. 10Nye lɔlɔ̃tɔ xɔ edzi gblɔ nam bena: Xɔ̃nye, tso; nye tugbedzɛ, va! 11Elabena vuvɔŋɔli yi aƒe, tsidzadza ke, eye enu yi. 12Seƒoƒowo ɖo ɖe anyigba dzi, weinkawo ŋu ɖeɣi ɖo, eye wole akpakpa ƒe xɔxlɔ sem le míaƒe anyigba dzi. 13Gboti ƒe tsetsewo ɖe asi ɖiɖi me, eye weinka ƒe seƒoƒowo le ya ɖem nyuie. Tso, xɔnye, nye tugbedzɛ, va! 14Nye ahɔne le kpetowo me, le agawo ƒe globoeaƒe; na makpɔ ŋkuwò me, na mase wò gbe! Elabena wò gbe vivina, eye ŋkuwò me nyo. 15Milé abeiwo na mi, abeiviwo, siwo gblẽa weingblewo; elabena míaƒe weingblewo ƒo se.
16Tɔnyee nye nye lɔlɔ̃tɔ la, eye nye hã menye etɔ, eya amesi nyia lãwo le dzogbenyawo me. 17Nye lɔlɔ̃tɔ, trɔ gbɔ, hafi anyinu nafa, eye vɔvɔli nu nayi, eye nanɔ abe sãde alo zivi le atike ʋeʋẽe towo dzi ene!
Currently Selected:
Hawo ƒe ha 2: EWERV
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.