Thanks to visit codestin.com
Credit goes to www.bible.com

Codestin Search App
Codestin Search App

Psalmowo 20

20
Dukɔ la do gbe ɖa ɖe eƒe fia ta le aʋaŋɔlia ɖe me.
1Dawid ƒe ha na henɔ la.
2Yehowa aɖo to wò le xaxagbe, Yakob ƒe Mawu la akpɔ tawò. 3Aɖo xɔname ɖe wò tso kɔkɔeƒe la, eye wòado alɔ na wò tso Zion. 4Aɖo ŋku wò nuɖuvɔsawo katã dzi, eye wò numevɔsa ada ami le eŋku me. Sela. 5Awɔ na wò le wò dzimedidi nu, eye wòawɔ wò tameɖoɖowo katã dzi na wò. 6Míatso aseye ɖe wò xɔname ŋu, eye míado aflaga ɖe dzi le mía Mawu ƒe ŋkɔ me. Yehowa nawɔ wò biabiawo katã dzi na wò.
7Azɔ menyae be, Yehowa xɔna na eƒe amesiamina la, eye wòtsɔa eƒe nuɖusi ƒe nutsuwɔwɔ, siwo xɔna na ame la, tɔna nɛ tso eƒe dziƒo kɔkɔe la. 8Ame meawo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖam kple sɔwo ŋu, ke míawo míeyɔa Yehowa, mía Mawu la, ƒe ŋkɔ. 9Ame meawo bɔbɔna dea la agu, ke míawo míetsia tre dzena kã. 10Yehowa, xó na fia la; eye neɖo to mí le gbesigbe míeyɔe la!

Currently Selected:

Psalmowo 20: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in